UTAG Update: 73.5% of lecturers from 6 public universities vote against suspension of strike

UTAG ƒe agladzedze : Nufialawo 73% tso sukukɔkɔ 6 me meda asi  ɖe edzi be yewo ƒe aƒetsitsi la nawu nu o

 

 

Univɛsity nufialawo le sukukɔkɔ ade aɖewo me le dukɔme da akɔ be yewo melɔ̃ ɖe yewo ƒe tatɔwo ƒe yɔyɔ be ne yewo atrɔ yi suku la dzi o.
Nufiala siawo dometɔ aɖewo nye nufialawo le Winneba sukukɔkɔ, Legon sukukɔkɔ, University of Energy and Natural Resources, Kwame Nrumah University of Science and Technology kple University of Professional studies le Gɛ.
 

 

Le akɔdada la vɔ megbe la wo kpɔ be sukukɔkɔ ade siawo ƒe nufialawo akpag7ãtɔ me da si ɖe UTAG tatɔwo fe didi be yewoa gbugbɔ ayi nufiaƒe o. Le Winneba sukukɔkɔ me la nufiala 68 da akɔ tsi tre ɖe yɔyɔ la ŋu ke ame 60 yia da akɔ be yewoa trɔ yi aɖa fia nu abe alesi UTAG tatɔwo gblɔe la ene.
 

 

Le Legon sukukɔkɔ me la nɔnɔme la me to vo kura o elabe nufiala 596 da akɔ he ɖo kpe edzi be yewo mayi nufiaƒe o eye 127 yia da akɔ helɔ̃ be yewoa trɔ yi aɖa fia nu.
 

 

Ame 147 ye da akɔ  be ye wo magbugbɔ ayi dɔ me o ke ame  63 l4 le University of Energy and Natural Resources me be ye wo atrɔ yi nufiadɔ la me.
 

 

Le Kwame Nkrumah University of Science and Technology (KNUST), hã la nufiala si wo da akɔ lɔ̃ ɖe ɖoɖoa dzi la de ame 211 eye ame 654 gbe be ye wo melɔ̃ ɖe edzi o.
 

 

Nufiala 107 gbe ɖoɖoa eye ame 63 lɔ̃ ɖe edzi le University of Professional Studies le Gɛ.
 

 

Ke nu si dzɔ le University of Health and Allied Sciences lãmese dzɔdzɔme ŋuti nunya srɔƒe me la tovovo sã le sukukɔkɔ bubuawo gbɔ. Ame akpagãtɔ si ƒe xexleme nye 85 la da akɔ ɖe ɖoɖo la edzi be yewo atrɔ yi suku aɖa fianu ɖeviwo, ke wo dome ame 39 be yewo melɔ̃ o.
 

 

Akɔdada metsonuwo katã ƒe ƒuƒoƒo fia be nufialagãwo ƒe mama ɖe alafa dzi 73.5% melɔ̃ ɖe UTAG ƒe akametia ƒe ɖoɖo be nufialawo ƒe aƒetsitsi, si le edzi yim abe kɔsiɖa ade kple edzi vɔwo ene, na wu nu la dzi o.
 

 

Univɛsity si le Cape Coast kple sukukɔkɔ bubu aɖewo me da akɔ ɖe sukukɔkɔwo ƒe aɖaŋuɖoha la ƒe ɖoɖo sia dzi haɖe o.
 

 

Gake Agbalesrɔ̃nyawo dzikpɔdɔwɔƒe la ƒe nyanuɖela Kwasi Kwateng gblɔ be sukukɔkɔwo ƒe aɖaŋuɖoha la ƒe ɖoɖo be UTAG nufialwo ƒe aƒetsitsi la na wu nu la metrɔ o, togbɔ be ame aɖe gbe exɔxɔ de eme hã.
 

 

Togbɔ be akɔdada la le edzi yim hã la, nufiafia kple nusɔsrɔ̃ adze egɔme le Kwame Nkrumah Univɛsity  Sukukɔkɔ, Cape Coast Univɛsity  Sukukɔkɔ,  University of Development Studies (UDS); Ghana Institute of Journalism (GIJ) kple University of Ghana, Legon me le Dzoɖagbe Dzodze ƒe ŋkeke 28.

Share this post on:

Share:

More Posts

boil

n aɖi, ziɔɣi, ƒoƒoe

boarding-house

n suku si me ɖeviwo nɔna eye woɖua nu hã le, nuɖuxɔ, amedzrowo nuɖuƒe,