Intanet menyo tututu le Tsibu-Awudome o

Intanet menyo tututu le Tsibu-Awudome o. 
 
 
Le egbe ƒe mɔɖaŋu kple ŋkuʋuʋu sia me la ame ateŋu awɔ dɔ alo asrɔ nu le afi sia afi wòle la bɔbɔe eye ɖe intanet ta.
 
 
Nublanuitɔe la me le duviwo kple kɔƒedu geɖewo me alea haɖe o; kaƒodɔwɔƒewo ƒe ŋuse mede blibo alo seŋu le teƒe aɖewo abe Tsibu-Awudome la ene o.
 
 
Tsibu-Awudometɔwo le Ho-West nutome la meteaŋu wɔa intanet ŋudɔ le wo ƒe aƒewo me o, negbe ɖe wodo ɖe ablɔ dzi hafi.
 
 
Nɔnɔme sia ta ne ɣe ɖo to ko la ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo do na ɖe teƒe si woɖe ŋkɔ na ‘network zone’ hafi ageɖe kame le intanet dzi kple xɔlɔ̃wo kple ƒometɔ siwo le gbedzi la.
 
 
Togbɔ be duamenɔlawo akpa gãtɔ nye agbledelawo koŋ hã la, asitɛlɛfon le wo katã kloe si. Ke kaƒoƒo kple intanet enye nusi ɖea fu na wo vevie elabe, kaƒodɔwɔƒe aɖeke ƒe ŋuse meli ke tututu ɖe afisia o.
 
 
Gɔmedzesuku, asisrɔ̃suku, agbalẽxleƒe kple dɔyɔƒesue le Tsibu du sia me. Le egbe ƒe mɔɖaŋu nyawo me la, dɔwɔƒewo, sukuwo, lamese dɔwɔƒewo kple bubuawo keŋ hĩa intanet hena zɔɖeɖe gake Tsibu mate ŋu aƒo adegbe le intanet ƒe kelili ŋuti o.
 
 
Assemblymenɔla na Tsibu-Dafor-Bethel ametia nuto Selorm Danso gblɔ na nutis.org be “hafi nakpɔ internet nyuie la, elebe natɔ ɖe Bethel junction, alo bus stop alo EP gbedoxɔ gbɔ.’
 

Egblɔ be MTN dɔwɔƒea le agbagba dzem be woatsɔ Mast avae be kuxi sia nu natso. Ke eƒo koko be dutɔwo kple wo ƒe ametsitsiwo bena woawɔ nuteƒe be mast la natu kaba.
 
Nyadzɔdzɔ dɔwɔlae menye eye intanet manɔmee la nye mate ŋu awɔ dɔ le nye aƒeme le Tsibu o eye nutis.org kple social media wo akpe fu, negbe meyi teƒe etɔ̃ siwo wona ŋkɔe be ‘network zone’ la dometɔ ɖeka. Metee kpɔ gake mede dzi nye o.
 
 
‘Fi ke xe woakpɔ network woasẽ koŋ enye bus stop’ dumevi aɖe gblɔ na nutis.org.
 
Hansbehks, Lukhaid Oba, Aroma4Christ wonye hadzilawo tso du sia me. Dɔwɔlagãgã geɖewo hã tso du sia me eye adzro mi be mianɔ aƒe vam kabakaba anɔ mɔkeke ɖum edziedzi gake nɔnɔme sia made mia ƒe dɔwo dzi o.
Nutifafa Feyi

Share this post on:

Share:

More Posts

boil

n aɖi, ziɔɣi, ƒoƒoe

boarding-house

n suku si me ɖeviwo nɔna eye woɖua nu hã le, nuɖuxɔ, amedzrowo nuɖuƒe,