UTAG Update: 73.5% of lecturers from 6 public universities vote against suspension of strike

UTAG ƒe agladzedze : Nufialawo 73% tso sukukɔkɔ 6 me meda asi  ɖe edzi be yewo ƒe aƒetsitsi la nawu nu o

 

 

Univɛsity nufialawo le sukukɔkɔ ade aɖewo me le dukɔme da akɔ be yewo melɔ̃ ɖe yewo ƒe tatɔwo ƒe yɔyɔ be ne yewo atrɔ yi suku la dzi o.
Nufiala siawo dometɔ aɖewo nye nufialawo le Winneba sukukɔkɔ, Legon sukukɔkɔ, University of Energy and Natural Resources, Kwame Nrumah University of Science and Technology kple University of Professional studies le Gɛ.
 

 

Le akɔdada la vɔ megbe la wo kpɔ be sukukɔkɔ ade siawo ƒe nufialawo akpag7ãtɔ me da si ɖe UTAG tatɔwo fe didi be yewoa gbugbɔ ayi nufiaƒe o. Le Winneba sukukɔkɔ me la nufiala 68 da akɔ tsi tre ɖe yɔyɔ la ŋu ke ame 60 yia da akɔ be yewoa trɔ yi aɖa fia nu abe alesi UTAG tatɔwo gblɔe la ene.
 

 

Le Legon sukukɔkɔ me la nɔnɔme la me to vo kura o elabe nufiala 596 da akɔ he ɖo kpe edzi be yewo mayi nufiaƒe o eye 127 yia da akɔ helɔ̃ be yewoa trɔ yi aɖa fia nu.
 

 

Ame 147 ye da akɔ  be ye wo magbugbɔ ayi dɔ me o ke ame  63 l4 le University of Energy and Natural Resources me be ye wo atrɔ yi nufiadɔ la me.
 

 

Le Kwame Nkrumah University of Science and Technology (KNUST), hã la nufiala si wo da akɔ lɔ̃ ɖe ɖoɖoa dzi la de ame 211 eye ame 654 gbe be ye wo melɔ̃ ɖe edzi o.
 

 

Nufiala 107 gbe ɖoɖoa eye ame 63 lɔ̃ ɖe edzi le University of Professional Studies le Gɛ.
 

 

Ke nu si dzɔ le University of Health and Allied Sciences lãmese dzɔdzɔme ŋuti nunya srɔƒe me la tovovo sã le sukukɔkɔ bubuawo gbɔ. Ame akpagãtɔ si ƒe xexleme nye 85 la da akɔ ɖe ɖoɖo la edzi be yewo atrɔ yi suku aɖa fianu ɖeviwo, ke wo dome ame 39 be yewo melɔ̃ o.
 

 

Akɔdada metsonuwo katã ƒe ƒuƒoƒo fia be nufialagãwo ƒe mama ɖe alafa dzi 73.5% melɔ̃ ɖe UTAG ƒe akametia ƒe ɖoɖo be nufialawo ƒe aƒetsitsi, si le edzi yim abe kɔsiɖa ade kple edzi vɔwo ene, na wu nu la dzi o.
 

 

Univɛsity si le Cape Coast kple sukukɔkɔ bubu aɖewo me da akɔ ɖe sukukɔkɔwo ƒe aɖaŋuɖoha la ƒe ɖoɖo sia dzi haɖe o.
 

 

Gake Agbalesrɔ̃nyawo dzikpɔdɔwɔƒe la ƒe nyanuɖela Kwasi Kwateng gblɔ be sukukɔkɔwo ƒe aɖaŋuɖoha la ƒe ɖoɖo be UTAG nufialwo ƒe aƒetsitsi la na wu nu la metrɔ o, togbɔ be ame aɖe gbe exɔxɔ de eme hã.
 

 

Togbɔ be akɔdada la le edzi yim hã la, nufiafia kple nusɔsrɔ̃ adze egɔme le Kwame Nkrumah Univɛsity  Sukukɔkɔ, Cape Coast Univɛsity  Sukukɔkɔ,  University of Development Studies (UDS); Ghana Institute of Journalism (GIJ) kple University of Ghana, Legon me le Dzoɖagbe Dzodze ƒe ŋkeke 28.

Nunya Foundation na Ewegbegbalewo Dzelukope E.P. Basic School

Nunya foundation, habɔbɔ nɔ ɖokuisi aɖe wɔ nunana tɔxe na Dzelukoƒe EP. gɔmedzesuku le Keta nutome. Nunanawo nye Eʋegbegbalẽ vovovo si wo ƒe home ade ₵1,500 kple edzivɔ.
Agbalẽawo ƒe ɖewoe nye Nyaseto 1 & 2, Nunyamɔ 2B, 3B kple 5B, Agbe Nye Nu Si Newɔe, Kesinɔnu Kple Yayra, Nya Zɔzɔ, Tɔkɔ Atɔ̃lia, Do Eʋegbe Mase I kple bubuawo.
Efo Michael Deh amesi wo ga yɔ na be Keta Yevu eye wonye Nunya Foundation hametɔ lae tia suku sia na dɔ sia wɔwɔ.

Aƒetɔ Christian Zogli, si nye habɔbɔ la ƒe zimenɔla la ɖe susu si ta woɖo habɔbɔ la gblɔ na nutis.org be yewo kpɔe be gbe la dodo, eŋɔŋlɔ kple exexlẽ le to yim, eye ne ame aɖe ke meɖe afɔ ɖe eŋu o la gbea aku. Susu sia tae yewo ɖoe le Nunya Foundation be, ele be yiwo agbɔ agbe Eʋegbe la, vevietɔ le sukuviwo dome.
 Chairman Christian Zogli
Habɔbɔ la ƒe afɔ si woɖe la do dzidzɔ na sukuviwo kple nufialawo kpakple wɔna la teƒekpɔlawo katã.
Dzelukoƒe EP Gɔmedzesukutatɔ Aƒetɔ William Dumeda gblɔ le wɔna la teƒe be, taflatse, agbale siwo yewo hĩa na Eʋegbesɔsrɔ̃ la ƒe ɖeke me le yewo si o, eyata afɔɖeɖe sia do dzidzɔ na yewo alegbegbe.

Aƒetɔ William Dumeda – Tatɔ, Dzelukoƒe E.P Gɔmedzesuku
Dumegã ESK Kwau amesi wɔ dɔ kpɔ abe sukutatɔ ene le KETASCO la nɔ wɔna sia teƒe. Efa konyi tso alesi egbeviwo trɔ Eʋegbe la tatu hafi do na zi geɖe la ŋuti vevie. Eƒo abɔta na Nunya Foundation le woƒe agbagba dzedze be yewo agbɔ agbe Eʋegbe la ta eye wodoe ɖe Eʋeviwo katã le aƒe kple gbe sia gbɔ be woado alɔ habɔbɔ la hena dɔ la ƒe takeke.
Nunya Foundation do ŋgɔ wɔ nunana sia ƒomevi na Agotime Akpokɔpe DA Basic School, Agotime – Ziope nutome., Amedzikope RC Basic School, Ketu South nutome, kple Tsavanya DA Basic School, South Tongu nutome.
Nunya Foundation, tɔwo bia be ame sia ame na kpe ɖe yiwo ŋuti hena habɔbɔ la ƒe zɔɖeɖe alebe taɖodzinu si nye be Eʋegbe na nɔ agbe ne megbeviwo la na teŋu ava eme.

Seyram Music de Amissah Arthur Learning Center le Ohawu

by Nutifafa Feyi

Seyram Music, Eʋe hadzila dzeaɖaŋula, yi ɖa wɔ ha yeye aɖe kple radio dɔwɔla Dj Comma le Abor nutome le Amugã nutome.
Ha si wowɔ, eye wome kpɔ ɖe ɖe go haɖe o la ƒe ŋkɔ enye Gbɔgbɔvɔ̃. Ha, gbɔgbɔvɔ̃ nye nuxlɔ̃ame ha si le gbɔblɔm be, ne amewo tsi trɛ ɖe ŋu wó alekeke hã la ŋɔ megadzi wó o elabena dziɖuɖu fiakuku la asu asi wo kpuie.
Snd up
Aƒetɔ Ben Dotsei Malor, amesi lɔa Seyram ƒe hawo ŋutɔ la ƒe ŋkuwo kle Seyram ƒe gbeƒã si wóɖe le Facebook dzi tso eƒe mɔzɔzɔ la ŋu, eye wobia tso esi be ne ɖitsa ne woaɖa kpɔ Amissah-Arthur Learning Center nusrɔƒe si le yewode Ohawu la ɖa.
Nyateƒe hã Seyram le eƒe wɔnawo le Abor vɔ megbe la ɖo dzokeke ɖo ta Ohawu
Snd up…..
Dumegã Ben Dotsei Malor nye dɔmega le UN Dailies, dukɔƒoƒuwo ƒe nyadzɔdzɔdɔwɔƒe le Amerika blotsi. Eƒe nuŋɔŋlɔwo ɖe Facebook dzi ɖe dzesi be, eɖoa to Seyram ƒe hawo ɣe sia ɣi. Seyram ƒe afɔɖeɖe sia do dzidzɔ nɛ ŋutɔ.
Snd up…..
Dumegã ƒe nuxlɔ̃ame nya aɖewo na Seyram. Esia yi na nye kpli wo sia hã.
Egblɔ be “le be na ɖokuiwo. Ne edo koronabui gbãtɔ la, tekpɔ nado evelia. Asikɔklɔ le vevie. Wɔ esiawo nanɔ dedie na mi”
Amissah Arthur learning center nye nusrɔƒe si wotu tsɔ de bubu Ghana dukplɔla kpeɖeŋutɔ xoxoa ameyinugbe Paa Kwesi Amissah Arthur ŋuti.
Dumegã Ben Dotsei Malor ye nɔ ŋgɔ na nusrɔƒe sia tutu.

Tsibu embarks on self-help projects

HO-ƔETOƉOƑE NUTOME: TSIBUTƆWO DO ALƆ WOƉOKUIWO LE MƆDONYAWO ME

Tsibu Awudome nyɔnufiagã Mama Adzadibea I kpɔ dzidzɔ ɖe dumeviwo ƒe afɔ si woɖe ɖe duame mɔ la dodo ŋu.
Efa konyi be Tsibu Awudome si nye Ho-Ɣetoɖoƒe nutome duwo dometɔ ɖeka la va le ko abe tɔdomekpo ene le Dayi Anyiehe nutowo abe Peki, Toɖome, Adzokoe kple bubuawo ene la dome, esi wɔe be tutuɖo nyawo he ɖe megbe blibo.
Mɔdodo si to duame la xɔ ƒe 60 gbɔ eŋu. Tsi ƒe tsatsa to du la me gblẽ mɔ la keŋ eye edzi katã zu glidzaglidza. Edzi zɔzɔ kple lɔri la nye taɖui na dumeviwo. Amewo ƒe xɔwo hã te ɖu ƒioƒioƒio. Nɔnɔme sia tututu na dumeviwo be woawɔ nane aɖe du la tso tsi ƒe nu gbegblẽ me.
Le esia ta, Aƒetɔ George Aggrey nɔ ŋgɔ na duame sɔhewo eye wodzɔ ga ɖe mɔ la dodo ŋu. Wokpɔ mɔ na dziɖuɖu ʋuu nu ti kɔ na wo.
Esi #NUTITV ɖo dze kple aƒetɔ George Aggrey la, egblɔ be ‘míede Ghana Highways dɔwɔƒe me le Ho, wova do mɔ kpɔ ɖa be ga nenie woatsɔ wɔ mɔ na mí hã. Wova kpɔe eye wodzidze teƒea hena míenya be ga si ayi ɖe dɔa me la ade GHC90,000.’

tarring work in progress


Tsibuviwo le aƒe kple gbe sia le ga dzɔm de ɖoɖo sia me eye dɔ la ƒe afɔtsɔtsɔ nye dzesi be wotsɔ ɖe le dua ƒe ŋgɔyiyi me.
Aƒetɔ Emmanuel Kwasi Bedzra, ame si nye Ho-Ɣetoɖoƒe sewɔtakpekpemenɔla la ɖe eƒe dzidzɔ kpɔkpɔ ɖe dɔ nyuie si Tsibuviwo de tome la fia eye wòtsɔ GHC10,000 do alɔ dɔ la.

Hon. Bedzra visits project site


Mamaga Adzadibea gbãtɔ, be kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe mele yiwo gbɔ o eye ‘Pekitɔwo mexɔ mìaƒe nya o eya ta ne nya aɖe dzɔ la, ɖe míƒoa xlã toa ado to Asikuma hafi ayi ɖe Tsito alo Anyirawase hafi akpɔ kpovitɔwo’
Mamagã be yewo hiã kpekpeɖeŋu na Tsibu Vocational School asinudɔsrɔ̃suku la, ne wòate ŋu axɔ ŋusēdodo (accreditation) hena sukuviwo kple nufialawo xɔxɔ le agbɔsɔsɔ me.
Ebia be Tsibuvidzidzi ɖe sia ɖe natsɔ ɖe le du la ƒe ŋgɔyiyi me.

Eŋlɔla Nutifafa Feyi

Up